1 Corinthians 15

Kristo ƒe tsitretsitsi

1Azɔ la, nɔviwo, mina maɖo ŋku nu si tututu nyanyui la nye la dzi na mi, elabena nyanyui la metrɔ o; nyanyui ma kee megblɔ na mi kpɔ. Miexɔe nyuie tsã kple fifia siaa elabena mieɖo miaƒe xɔsɛ la anyi sesĩe ɖe nya wɔnuku sia dzi. 2Nyanyui sia kee aɖe mi ne miegalé edzixɔse me ɖe asi sesĩe ko. Ke ne meɖe mi o la, ekema ɖe miexɔ edzi se tututu zi gbãtɔ o.

3Mena mienya nu si wogblɔ nam tso gɔmedzedzea ke be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene; 4woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔe ene. 5Petro kpɔe gbã eye emegbe “ame wuieveawo” dometɔ bubuawo hã kpɔe. 6Le esia megbe la, kristotɔwo wu alafa atɔ̃ kpɔe zi ɖeka. Ame siawo dometɔ aɖewo gale agbe ke ɖewo hã ku. 7Yakobo kpɔe eye emegbe la apostoloawo katã kpɔe. 8Nyee nye ame mamalɛa kpɔe le ame bubuawo katã megbe abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene. 9Elabena nyee nye apostoloawo katã dome suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o.

10Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram. 11Nenye nyee alo woawoe wɔ dɔ sesĩe wu hã la, vovototo aɖeke mele eme o. Nu vevitɔe nye be míegblɔ nyanyui la na mi eye miexɔe se.

Amekukuwo ƒe tsitretsitsi

12Ke miɖo nya sia ŋu nam. Esi miexɔ nya si míegblɔ na mi se be Kristo fɔ tso ame kukuwo dome ɖe, nu ka ta mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo magatsi tsitre o mahã? 13Elabena ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsi meli o la, ekema womefɔ Kristo hã ɖe tsitre o. 14Eye ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema viɖe aɖeke mele míaƒe mawunyagbɔgblɔ me o, eye míaƒe Mawu dzixɔse nye nu gbɔlo kple nu dzodzro kpakple nu si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o, 15eye mí apostolowo katã míenye alakpatɔwo elabena míegblɔ be Mawu fɔ Kristo tso yɔdo me. Ke ne womefɔ Kristo ɖe tsitre hafi o la ekema mienye alakpatɔwo. 16Nenye be ame kukuwo metsia tsitre o la, ekema Kristo ganye ame kuku kokoko. 17Ekema mienye bometsilawo be miaganɔ Mawu dzi xɔm se kokoko be eɖe mi eye be fɔbubu li na mi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. 18Ne ele nenema la, ekema kristotɔ siwo katã ku la bu. 19Eye ne kristotɔnyenye nye viɖe na mí fifia le agbe sia me ɖeɖeko la, ekema míenye nublanuitɔ gãtɔwo wu amewo katã.

20Ke nyateƒe lae nye be Kristo tsi tsitre tso ame kukuwo dome vavã eye wòzu gbãtɔ na ame akpe akpe siwo ava tsi tsitre gbe ɖeka.

21Ku va xexeame le nu si ame ɖeka, Adam, wɔ la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, wɔ la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ. 22Ame sia ame kuna elabena mí katã míedo ƒome kple Adam eye míedzɔ tso eƒe ƒome si wɔ nu vɔ̃ la me eye afi sia afi si nu vɔ̃ nɔna la, ku nɔa anyi. Ke ame siwo katã do ƒome kple Kristo la agatsi tsitre. 23Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe.

24Le ema megbe la, Kristo aɖu futɔ ɖe sia aɖe ƒomevi dzi, nuwuwua ava eye wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, Fofo la. 25Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi 26eye wòaɖu futɔ mamlɛtɔ, ku, gɔ̃ hã dzi. Woaɖu eya hã dzi eye woaɖee ɖa. 27Elabena Fofo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi na Kristo, ke Kristo meɖu Fofo la ŋutɔ, ame si tsɔ ŋusẽ sia nɛ be wòaɖu dzi la, ya dzi o. 28Ne Kristo ɖu dzi le aʋa si wɔm wòle kple eƒe futɔwo katã me mlɔeba la, ekema eya, Mawu Vi la, atsɔ eya ŋutɔ hã ade Fofoa ƒe ɖoɖowo te, ale be Mawu, ame si na dziɖuɖui ɖe nu bubu ɖe sia ɖe dzi la, azu tatɔ, dziɖula gãtɔ.

29Ne ame kukuwo magatsi tsitre o la, ekema viɖe kae le mawutsidedeta na amewo ɖe ame kukuwo nu me? Nu ka tae wòle be miawɔe ne miexɔe se be ame kukuwo magatsi tsitre o?

30Eye nu ka ta wòle be míatsɔ míaƒe agbe ade xaxa me anɔ ku ƒe asime ɣesiaɣi? 31Enye nyateƒe be menɔa ku ƒe asime gbe sia gbe. Esia nye nyateƒe abe ale si medana le miaƒe tsitsi le Aƒetɔ la me ta ene. 32Eye viɖe kae le avuwɔwɔ kple lã wɔadã mawo, Efesotɔwo, me ne wòanye ɖe viɖe si makpɔ le agbe sia me le anyigba sia dzi ta ko? Ne míaganɔ agbe le ku megbe o la, ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.

33Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Ne mieɖo to wo la, miade asi nuwɔwɔ me abe woawo ke ene. 34Miwɔ susu ŋudɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃wɔwɔ. Ŋu nakpe mi elabena mia dometɔ aɖewo menye kristotɔwo o eye womedze si Mawu gɔ̃ hã o.

Ale si míaƒe tsitretsitsiŋutilã anɔ

35Ke ame aɖe abia be, “Ale ke ame kukuwo awɔ hafi agagbɔ agbe? Ŋutilã ka tɔgbie anɔ wo si?” 36Biabia sia nye abunɛtɔwo ƒe biabia! Miakpɔ ŋuɖoɖoa le miawo ŋutɔ miaƒe agble wo me! Ne mietsɔ nuku aɖe de tome la, metsina zua ati o, negbe ɖe ko “wòaku” gbã hafi. 37Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tsoa nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede tome la nye bliku ƒuƒu sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã. 38Emegbe la, Mawu naa dzedzeme dzeani yeye aɖee; nɔnɔme si eya ŋutɔ di be wòanɔ esi. Ati bubu ƒomevi doa go tsoa nuku ɖe sia ɖe ƒomevi me. 39Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo.

40Nuwɔwɔ siwo le dziƒo la ƒe nɔnɔme to vovo sãa tso esiwo le anyigba dzi tɔ gbɔ. Nenema kee, woƒe nyonyo kple ŋutikɔkɔe hã to vovo tso mia tɔ gbɔe. 41Ŋutikɔkɔe aɖe ƒomevi le ɣe si eye ŋutikɔkɔe ƒomevi bubu le ɣleti kple ɣletiviwo hã si eye ɣletiviwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le nyonyo kple keklẽ me.

42Nenema ke míaƒe anyigbadziŋutilã siwo kuna eye wonyunyɔna la to vovo tso ŋutilã siwo anɔ mía si ne míetsi tsitre la gbɔ, elabena woawo ya magaku gbeɖe o. 43Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ẽ, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũ. 44Wonye dzɔdzɔmeŋutilãwo ko le ku me, ke ne míeva tsi tsitre la, woanye gbɔgbɔmeŋutilãwo, elabena abe ale si amegbetɔwo ƒe ŋutilã dzɔdzɔmetɔwo li ene la, nenema kee ŋutilã siwo nye gbɔgbɔmetɔwo hã li.

45Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamletɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe. 46Ale menye gbɔgbɔmetɔ enye gbãtɔ o, ke boŋ dzɔdzɔmetɔ lae, eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ va. 47Wowɔ Adam tso anyi me; ke Kristo ɖi tso dziƒo va. 48Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam tɔ ene. Wowɔe tso anyi me ke ame siwo katã zu Kristo tɔ la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la, anɔ wo si. 49Abe ale si Adam ƒe ŋutilã tɔgbi le mía dometɔ ɖe sia ɖe si fifia ene la, nenema kee Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi anɔ mía si gbe ɖeka.

50Nɔvinyewo, megblɔ esi na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o. 51Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã. 52Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woaku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔli me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o, eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake. 53Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee.

54Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.” 55O, ku afi ka wò dziɖuɖu la le? O, ku afi ka wò ti la le? 56Elabena ku ƒe ti enye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la. 57Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo mía Aƒetɔ la dzi!

58Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa si; elabena mienya bena nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔ la la, mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.

Copyright information for EweBEE